Mark 11:27-33

27Wova ɖo Yerusalem ake eye esi wonɔ tsa ɖim le gbedoxɔa me la Osɔfogawo kple Yudatɔwo ƒe amegã bubuwo va tui hebiae be, 28“Ŋusẽ ka tututue le asiwò nètsɔ le nu siawo wɔm, eye ame kae na ŋusẽ sia wo?”

29Yesu ɖo eŋu na wo be, “Hafi maɖo nya sia ŋu na mi la, miawo hã miɖo nye biabia ɖeka sia ŋu nam. 30Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe ame ka gbɔ wòtso, Mawu gbɔe wòtso loo alo amewo gbɔe wòtsoa? Miɖo eŋu nam!”

31Wodzro nya sia ŋu le wo ɖokuiwo dome eye wogblɔ be, “Ne míeɖo eŋu be Mawu gbɔe la, agblɔ be, ‘Enyo, nu ka tae míexɔe o ɖo?’ 32Gake ne míegblɔ be menye Mawu gbɔe wòtso o la, ke míegblɔ nya aɖe, esi ana be ʋunyaʋunya adzɔ. Elabena amewo katã xɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”

33Eya ta wogblɔ nɛ be, “Míate ŋu aɖo eŋu na wò o. Míenya o.” Yesu hã gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ le nu siawo womii la na mi o.”

Copyright information for EweBEE